Mark 12

Lododo tso waingble kple agblea dzi nɔlawo ŋu

(Mateo 21:33-46; Luka 20:9-19)

1Lo siwo Yesu do na amehawo le ɣemaɣi la ƒe ɖewo nye esi, “Ame aɖe de waingble gã aɖe eye wòɖo gli ƒo xlãe, Etu wainfiaƒe hã. Hekpe ɖe esia ŋu la, etu gbetakpɔxɔ aɖe afi si ame anɔ, adzɔ agblea ŋu ɣesiaɣi. Azɔ etsɔ agblea de agbledzinɔla aɖewo sime be woakpɔ edzi ale wòdzo yi du didi aɖe me. 2Le nuŋeɣi la, agbletɔ la dɔ eƒe subɔvi ɖeka ɖa be wòaxɔ agblemenukua ƒe akpa si nye yetɔ gome la vɛ na ye. 3Gake agblea dzi nɔlawo ƒo amedɔdɔa, eye wotrɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu.

4“Agbletɔa gaɖo ame bubu ɖa, gake woƒo eya hã vevie de abi gɔ̃ hã ta nɛ hedo ŋukpee. 5Ame si wògaɖo ɖa la wowu eya gɔ̃. Tso esia dzi woƒo amedɔdɔ siwo katã wòɖo ɖa la nublanuimakpɔtɔe eye wowu ɖewo gɔ̃ hã. Wonɔ esia dzi ʋuu va se ɖe 6esime wòsusɔ ame ɖeka pɛ ko, eyae nye via ɖeka hɔ̃ si wòlɔ̃na vevie. Mlɔeba la nu gloe eye wòɖo eya hã ɖa, kple susu be woana bubui elabena enye ye vi.

7“Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔe wògbɔna ko la, wogblɔ be, Ame siae anyi agble sia ƒe dome le fofoa ƒe ku megbe. Mina míawui kaba, be agble gã sia nazu mía tɔ!” 8Ale wolée hewui eye wotsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe agblea godo.

9“Nu kae miebu be agblea tɔ awɔ ne ese nya sia? Ava kple dɔmedzoe ava wu ame vɔ̃ɖi siawo katã eye wòatsɔ agblea de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te. 10Miɖo ŋku edzi be miexlẽ le mawunya me kpɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zua dzogoedzikpe si nye kpe vevietɔ wu le xɔtukpeawo dome oa?’ 11Esia nye Aƒetɔ la ƒe nuwɔwɔ eye wònye nukunu le mía ŋkume.” 12Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ didim vevie be yewoalée le afi ma kokoko elabena wonya be yewo ŋue wòto alobaloa tsoe. Ke womete ŋui enumake o, elabena wovɔ̃ na ameha la. Ale wogblẽe ɖi hedzo.

Nudzɔdzɔ na Kaisaro

(Mateo 22:15-22; Luka 20:20-26)

13Emegbe la, wodɔ Farisitɔwo kple Herodia dunyahehametɔ aɖewo ɖa be woadzro nya me kplii ale be woatsɔ eƒe nuƒo alée.

14Ameawo va gblɔ na Yesu amenubletɔe be, “Nufiala, míenya be ègblɔa nyateƒe la vɔvɔ̃manɔmetɔe! Amewo ƒe susuwo kple didiwo meblea nuwò o. Ke boŋ èfia Mawu ƒe mɔwo amewo le nyateƒe me. Azɔ gblɔ nu si nèbu la na mí.” Enyo be woadzɔ ga na Kaisro loo alo menyo oa? 15Ɖe míadzɔ loo alo ɖe míadzɔe oa? Ke Yesu dze si alakpanuwɔwɔ eye wòbia wo be, “Nu ka ta miele agbagba dzem be miatre mɔ nam? Mitsɔ Roma ga si woɖua la ɖeka nam makpɔ.” 16Tete wotsɔ ga le nɛ eye wòbia wo be, “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe le edzi?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.”

17Yesu yi edzi be, “Enyo, nu si nye Kaisaro tɔ la mitsɔe na Kaisaro. Nu si nye Mawu tɔ la mitsɔe na Mawu!” Nyaŋuɖoɖo sia tɔtɔ ameawo ŋutɔ, eye womeganya nya si woagblɔ o.

Yesu ƒo nu le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti

(Mateo 22:23-33; Luka 20:27-40)

18Sẽ la, Zadukitɔwo hã va do. Ame siawo nye hatsotso aɖe siwo mexɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzi se o la me tɔwo. Wobia Yesu be, 19“Nufiala, ele Mose ƒe sewo me be ne ŋutsu aɖe ku vimadzimadzii la, eƒe tsɛ naɖe ahosia adzi viwo ɖe foa kukua ƒe ŋkɔ me. 20Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ anyi. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃ eye wòku vimadzii. 21Ale ame si dzɔ ɖe ameyinugbea yome la ɖe ahosia eya hã ku vimadzii. Nɔvia si kplɔ eya hã ɖo la ɖe ahosia, gake kpao, eya hã medzi vi aɖeke kplii hafi ku o. 22Ale nɔviŋutsu adreawo ku vi aɖeke madzimadzi eye nyɔnua hã va ku mlɔeba. 23Fifia nu si míedi be míanya enye be, le tsitretsitsi ŋkekea dzi ɖe, ame kae anye nyɔnu sia srɔ̃a elabena wo ame adrea katã ɖee kpɔ.”

24Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu si le fu ɖem na mi enye be mienya mawunya, alo Mawu ƒe ŋusẽ o. 25Elabena ne nɔviŋutsu adre siawo kple nyɔnua wofɔ tso ame kukuwo dome la, womagaɖe srɔ̃ o, srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o. Woanɔ ko abe mawudɔlawo ene.

26“Ne miedi be yewoanya be enye nyateƒe be ame kukuwo atsi tre la, ekema miɖo ŋku nu si miexlẽ tso ale si Mose kpɔ ŋuve bibi la ŋu kpɔ dzi. Mawu gblɔ na Mose le afi ma be, ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu, nyee nye Isak kple Yakɔb ƒe Mawu.’

27“Mawu gblɔ na Mose be, togbɔ be ame siawo ku ƒe alafa nanewoe nye si va yi hã la, wogale agbe kokoko. Ɖe mele eme nenema o la, Mawu magblɔ be, ‘Menye ame kukuwo ƒe Mawu ye menye o!’ Miewɔ vodada gã ŋutɔ. Miese nya sia gɔme o.”

Se lolotɔ la

(Mateo 22:34-40; Luka 10:25-28)

28Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si nɔ tsitre ɖe afi ma nɔ to ɖom la kpɔe be, Yesu ɖo nyaa ŋu nyuie eya ta ete ɖe eŋu biae be, “Se kae nye vevitɔ wu le seawo katã dome?”

29Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Se siae nye esi gblɔ be, ‘Israel see! Aƒetɔ mía Mawu la, Aƒetɔ ɖeka hɔ̃ ko wònye. 30Eya ta lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ katã.’”

31“Se eveliae nye be, ‘Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃a ɖokuiwòe ene.’ Le nyateƒe me, Se bubu aɖeke megali si lolo wu esiawo o.”

32Agbalẽfiala la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, èto nyateƒe esi nègblɔ be Mawu ɖeka koe li, bubu aɖeke megali o. 33Eye menyae hã be ele vevie be ame nalɔ̃ eya ɖeka kple eƒe dzi, gɔmesese, kple ŋusẽ katã. Ele be wòalɔ ame wu be woasa vɔwo numevɔwo kple vɔsa bubuwo.”

34Esi Yesu kpɔ be eɖo nya la ŋu nunyatɔe la, egblɔ nɛ be, “Wò la mèdidi tso mawufiaɖuƒe la gbɔ o.” Le esia megbe la ame aɖeke megate ŋu bia nya aɖeke o.

Kristo nye David vi kple eƒe Aƒetɔ

(Mateo 22:41-46; Luka 20:41-44)

35Emegbe esi Yesu nɔ nu fiam amewo le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu la, ebia ameawo be, “Nu ka tae miaƒe agbalẽfialawo gblɔna be ele be Mesia la natso Fia David ƒe ƒome me kokoko. 36Elabena David ŋutɔ gblɔ le esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nɔ nu ƒom to edzi be, ‘Mawu gblɔ na nye Aƒetɔ be nɔ anyi ɖe nye ɖusime va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo wò afɔɖodzinui.’ 37Esi David ŋutɔ yɔe be Aƒetɔ ɖe, ale ke wɔ wòaganye Via?” Nyameɖeɖe sia do dzidzɔ na eselawo ŋutɔ ale wogbugbɔ ƒu to anyi ɖe Yesu ƒe nufifia ŋu henɔ to ɖom kple dzidzɔ.

Yesu xlɔ̃ nu amewo le agbalẽfialawo ŋuti

(Mateo 23:1-36; Luka 20:45-47)

38Nu bubu siwo Yesu fia ameawo le ɣeyiɣi sia me la woe nye esi: Egblɔ be, “Mikpɔ nyuie le agbalẽfiala alakpatɔ siawo ŋuti. Elabena wolɔ̃a awuʋlayawo dodo abe agbalẽnyala gãwo kple kesinɔtɔwo ene eye wodina be amewo katã nabɔbɔ ado gbe na yewo ne yewo le zɔzɔm le ablɔwo dzi. 39Ame siawo lɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo eye wodia kplɔ̃ta nɔnɔ vevie le kplɔ̃doƒewo. 40Ame siawo xɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodoɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesetɔ̃.”

Ahosi la ƒe nudzɔdzɔ

(Luka 21:1-4)

41Azɔ Yesu yi nudzɔ ɖaka si le gbedoxɔ la me gbɔ eye wònɔ anyi henɔ gadzɔlawo kpɔm dũ. Ame siwo nye kesinɔtɔwo la va da ga home gãwo ɖe nudzɔɖaka la me dadatɔe. 42Ahosi dahe hã va eye wòda pesewa eve ɖe nudzɔnua me.

43Yesu yɔ e ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔe eye wògblɔ na wo be, “Ne wotsɔ gatɔ siawo katã ƒe ga si wona la ƒo ƒui la, le nyate ƒe me, ahosi dahe sia ƒe pesewa evea xɔ asi wu wo katã tɔ. 44Elabena ame siawo kpɔ ga fũ ŋutɔ gake nu vi a ɖe koe wona. Gake ahosi dahe sia ya va na ga si katã le esi.”

Copyright information for EweBEE